Cantique de Louons-Le: ENYO NAM

Ne Mawu ƒe ŋuifafa yɔ nye dzi me, Ekem ne ahom atu hã, Nye dzi anɔ ha dzim le xɔse me be: Enyo nam le Aƒetɔ la me.

Enyo nam, Enyo nam Enyo nam le Aƒetɔ la me.

Ne satana dze dzinye ŋɔdzi dom nam, Ekema nya sia aklẽ nam; Nye Yesu wɔ nu sia nu kpɔ dziɖuɖu, Ŋunye kɔ le Yesu ƒe ʋu me.

Enyo nam, Enyo nam Enyo nam le Aƒetɔ la me.

Yesu, alẽvia, tsɔ nye nu vɔ̃ ƒ’agba, Eye wõƒui gbe ɖe megbe; Eku ɖe tanye l’atitsoga ŋuti, Nye luʋɔ, kafu Aƒetɔ la!

Enyo nam, Enyo nam Enyo nam le Aƒetɔ la me.

Azɔ mel’a-gbe na Yesu ɖeɖe ko, Eƒe nya enye kplɔlanye; Mekpɔ ŋuifafa kple ɖeɖe tso egbɔ, Mekpɔ agbe l’a-ƒetɔ la me.

Enyo nam, Enyo nam Enyo nam le Aƒetɔ la me.